Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 6:2
18 Referans Kwoze  

Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Ke nye la meto se la me ku na se la, bene manɔ agbe na Mawu. Mía kple Kristo woklã ɖe atitsoga ŋu.


ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.


eye abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o,


Ne mia kple Kristo mieku na xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo la, ekema nukaŋuti miena wogale se dem na mi abe ɖe miegale agbe le xexeame ene bena:


Ke nye la megava me nam bena, maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋuti ko, amesi me woto klã xexeame ɖe atitsoga ŋu nam, eye nye hã woklãm ɖe atitsoga ŋu na xexeame.


Wò sewo na medze nunya, eyata melé fu aʋatsomɔwo katã.


Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Ava, eye wòatsrɔ̃ agbledela siawo, eye wòade agble la asi na ame bubuwo. Ke esi wose esia la, wogblɔ bena: Kpao, meganɔ nenema o!


Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite