Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 elabena vaseɖe sededeŋɔli ke nuvɔ̃ le xexeame, gake ne se meli o la, womebua nuvɔ̃ o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 5:13
16 Referans Kwoze  

Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.


Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.


Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.


Nuwɔwɔ sia vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wowu eya hã.


Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger enye ame vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata Yehowa wui.


Va míana wein mia fofo wòano, eye míadɔ egbɔ, ne wòado fu mi míadzi vi.


Ke esi womekpɔ mia anyi haɖe o la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo, keke dua ƒe mlɔenutɔwo ke hã va, eye woɖe to ɖe aƒe la.


Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa.


Ke Sodomtɔwo nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti.


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Eye xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.


Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me.


Ale wɔ Lot ɖo fu vianyɔnu eveawo.


Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite