Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 eye meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, hafi esẽ ŋu le xɔse me boŋ, eye wòtso bubu na Mawu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 4:20
21 Referans Kwoze  

Eye Woayra wò, amesi xɔe se, elabena woawu nusiwo wogblɔ na wò tso Aƒetɔ gbɔ la nu.


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm!


Azɔ wò la, vinye, sẽ ŋu le amenuveve, si le Kristo Yesu me la me,


Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


Efrayim ƒe ta enye Samaria, eye Samaria ƒe ta enye Remalya vi. Ne miexɔe se o la, ekema mianɔ te hã o!


Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, alesi mienye fiƒoɖe le dukɔwo ɖomee la, nenema maxɔ na mi, be miazu yayra; migavɔ̃ o, agbe neɖo miaƒe asiwo me!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Agbe neɖo miaƒe asiwo me mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu le ŋkeke siawo me, nya, siwo wogblɔ na mi le gbe sigbe woɖo Yehowa Zebaot ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbeɖoxɔ la.


Eyata Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Yehowa ye gblɔe! Nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, lé dzi ɖe ƒo! Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe,


Eye Zaxarya gblɔ na dɔla la bena: Nuka me madze si nusia le mahã? Elabena nye la amegã ɖeɖi menye, eye srɔ̃nye hã xɔ ƒe geɖe.


Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.


Atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la nui; ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe.


fia ŋu me la ɖo ŋu na Mawu fe ame la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa ɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe nusia ava mea? Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, àkpɔe kple wò ŋkuwo, gake màɖu ɖeke o.


Ke fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la, ɖo ŋu na Mawu ƒe ame gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa aɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe esia ava mea? Eɖo ŋu nɛ be: Kpɔ ɖa, akpɔe kple wò ŋkuwo, ke maɖu ɖeke o!


Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


Eye wòxɔ Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite