Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 3:9
21 Referans Kwoze  

Ke ŋɔŋlɔ la tu nuwo katã nu ɖe nuvɔ̃ te, bene woatsɔ ŋugbedodo la tso Kristo dzixɔxɔse me na amesiwo xɔna sena la.


Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!


ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la.


Elabena Mawu tu nu amewo katã nu ɖe tomaɖomaɖo me, bene wòakpɔ nublanui na amewo katã.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Ekema nukae ma? Ne wowɔe le mo sia mɔ dzi, eɖanye le alakpa alo nyateƒe me o, nenye Kristo koe wogblɔna fiana la, dzi le dzɔyem le esia ŋuti. Ẽ, dzi agadzɔm hã;


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Azɔ la alekee? Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ, ke mado gbe ɖa kple tamesusu hã; madzi ha kple gbɔgbɔ, ke madzi ha kple tamesusu hã.


Azɔ la, nuka gblɔm mele? Ɖe mebena, trɔ̃ enye nu loo, alo trɔ̃ ƒe vɔsasa enye nua?


Elabena ameka na nèto vovo ma? Eye nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?


Ekema aleke wòle? Nusi ke yome Israel le didim la, eƒe asi mesu edzi o, ke ame tiatiawo ƒe asi su edzi; ke wona ame mamleawo ƒe dzime sẽ,


Ke ne miaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go fia la, nuka gblɔ ge mialã? Ne Mawu fia dziku la, ɖe etɔ medzɔ oa? Meƒo nu abe ame ene.


Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Amekae ate ŋu agblɔ be: Melólo nye dzi wòkɔ, eye medza tso nye nuvɔ̃wo me?


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Azɔ la, nukae nye Yudatɔ ƒe nu nyui, si ƒo ta la, alo nu kae nye aʋatsotso ƒe viɖea?


Elabena míenyae bena, se la nye gbɔgbɔmenu, ke nye la ŋutilã me menye, wotsɔm ƒle ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite