Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 3:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 elabena Mawu ɖekae nye amesi tso afia na aʋatsotsotɔwo tso xɔse me kple aʋamatsomatsotɔwo tso xɔse me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 3:30
18 Referans Kwoze  

Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyuie la ɖi na Abraham bena: „Wò me woayra trɔ̃subɔlawo katã le.“


Ke avuléla menye ame ɖeka to o, ke Mawu la eya ɖekae.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


Eyata míebuna bena, wotsoa afia na ame to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee.


Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!


Azɔ la, ne aʋamatsomatsotɔ dzra se la ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔewo ɖo la, womabu eƒe aʋamatsomatso la aʋatsotso nɛ o mahã?


Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.


esi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si toa Yesu Kristo dzixɔxɔse me vana na amesiwo katã xɔna sena la. Elabena vovototoa ɖeke meli o;


Azɔ la de yayranyagbɔgblɔ sia va aʋatsotsoa dzi loo, alo aʋamatsomatso hã dzi mahã? Elabena míegblɔna bena: Xɔse la wotso bu dzodzoenyenye na Abraham.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite