Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 3:3
19 Referans Kwoze  

ne míenye nuteƒewɔlawo o la, eyama lanɔ anyi nuteƒewɔla; elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Ke mele nenem bena, Mawu ƒe nya zu dzodzro o. Elabena menye amesiwo katã tso Israel me la, wonye Israeltɔwo o;


nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


Gake la menye wo katãe ɖoa to nyanyuie lã o; elabena Yesaya gblɔ bena: „Aƒetɔ, amekae xa míaƒe nyagbɔgblɔ dzi se mahã?“


Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe; eye aɖatsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ na.


Israel ƒe ŋusẽtɔ mekaa aʋatso o, eye metrɔa nya o, elabena menye ame wònye, ne wòatrɔ nya o.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


elabena Mawu ƒe amenuvevenunanawo kple yɔyɔ megavenɛ o.


Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite