Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke, oo ame, si le ʋɔnu drɔ̃m amesiwo woa nenem nusiawo, eye wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèsusuna bena, yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:3
22 Referans Kwoze  

Dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa. Mine mítso gbe; ne woahagbe tohehe na wo fi!


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Eye wògblɔ nɛ bena: Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?


Eye emegbe ʋee la ame bubu kpɔe, eye wògblɔ bena: Wò hã wo dometɔ ɖeka nènye. Ke Petro gblɔ bena: Ame, menye nyee o.


Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm!


Esi wòdo vlo atam la hetu nubabla la, evɔ wònye ena asi ame tso hafi wɔ nusiawo katã la, eyata masi o.


Ke edze aglã ɖe eŋu, eye wòɖo ame ɖe Egipte, ne woana sɔ kple ame geɖewoe. Ɖe wòadze edzi nɛa, eye ɖe amesi wo alea la, asia? Eye esi wònye nubabla wòtu la, ɖe wòasia?


Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


Nya nyui enye sia gblɔm nèle be: „Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔa?“


Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?


Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Ke Petro gblɔ bena: Ame, nyemenya nusi gblɔm nèle o. Eye esi wògale nuƒoƒo dzi la, kasia koklo ku atɔ.


Wokpe ta, wode xa, eye wole ŋku ɖem ɖe nye afɔkpodzi, abe alesi wole nye luʋɔ yome dimee ene.


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Ke mienyae bena, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le nyateƒe la nu va amesiwo wɔ nenem nusiawo la dzi.


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite