Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Elabena ne èwɔ sea dzi la, aʋatsotso enye viɖe; hafi nenye seadzidala nènye la, ekema wò aʋatsotso zu aʋamatsomatso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Asixɔxɔ le aʋatsotso ŋu ne miewɔ ɖe se la dzi, gake ne mieda le se la dzi la, ekema miele abe ame siwo wometso aʋa na o la ene.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:25
16 Referans Kwoze  

Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Elabena menye amesi ke nye Yudatɔ le gota la, enye Yudatɔ o, eye menye nusi ke le gota le ŋutilã ŋu la, enye aʋatsotso o;


Wò amesi ƒo adegbe le se la ŋuti la, wòe doa vlo Mawu to seadzidada mea?


Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.


Azɔ la, ne aʋamatsomatsotɔ dzra se la ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔewo ɖo la, womabu eƒe aʋamatsomatso la aʋatsotso nɛ o mahã?


Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.


Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.


Elabena amesiwo wotso aʋa na ŋutɔ hã, melé se la me ɖe asi o, ke boŋ wole didim be, miana yewoatso aʋa na mi, bene yewoaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite