Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene la, ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖua fewu le Mawu ŋu ɖe mia ta.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:24
11 Referans Kwoze  

Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa.


Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo,


wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.


Ame alesi nu le dɔlanyenye ƒe kɔkuti te la, nabu woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo be, wodze bubu katã, bena woagagblɔ busunya de Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋuti o.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


Eyata, amevi, ƒo nu kple Israel ƒe aƒe la, eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia fofowo gado ɖiŋu nam, esime wòtrɔ ʋu le yonyeme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite