Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 eye nènya eƒe lɔlɔ̃nu, eye nèbu nusi dzɔ kple esi medzɔ o me kpɔ, esi wotia nu wò le sea me la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi;

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:18
19 Referans Kwoze  

Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.


Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


Eye dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋku me egbea ene?


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ.


Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;


Elabena akaɖie nye se la, kekelie nye nufiame la, eye agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.


Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.


Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzaa nunya.


bena nadze si nya, siwo wofia wò la, ƒe nyateƒenyenye.


eye neɖo ŋu ɖe ɖokuiwò ŋu bena, yee nye ŋkuagbãtɔwo ƒe mɔfiala kple amesiwo le viviti me la ƒe kekeli


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite