Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Elabena Mawu medea vovototo amewo me o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:11
14 Referans Kwoze  

Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o,


Elabena Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnua ɖeke o;


Ke amesiwo wobuna bena, wonye nane la — ameka ke wonye o, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋku me o — elabena nye la amesiwo wobuna be, wonye nane la, womegblɔ nyaa ɖeke fiam o;


Eyata Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ɖeke, amedzidedea ɖeke alo zãnuxɔxɔa ɖeke meli o!


Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.


Elabena amesi ke wɔa nu madzɔmadzɔ la, axɔ nu madzɔmadzɔ, si wòwɔ la ƒe fetu, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele eme o.


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Eye mi aƒetɔwo, miwo nusiawo tɔgbe ke na wo; midzudzɔ ŋɔdzidodo, esi miawo hã mienyae be, mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ la le dziƒo, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele egbɔ o la ŋuti.


Eye wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodiahawo ɖo ɖe legba gblɔ bena: Nufiala, míenye bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe me, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o: elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o.


Eye wobiae gblo bena: Nufiala, míenyae bena, nègblɔa nya, eye nefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋku me o; ke boŋ nèle Mawu ƒe ma la fiãm le nyateƒe me.


Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me;


Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo Mawu to medzo oa? Gbeɖe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite