Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 16:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye bubu la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 16:27
24 Referans Kwoze  

Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.


Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!


Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.


Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Ke Mawu, mia Fofo la tɔ nanye kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


Mía Aƒetɔ la lolo, eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye goléƒe mele eƒe nunya ŋu o.


Ke nunyala eya hã nye, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e ve, magbe eƒe nya o, ke boŋ atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe kple nu tovo wɔlawo ƒe xɔname ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite