Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 16:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 bene míaxɔe le Aƒetɔ me, alesi dze ame kɔkɔewoe la, eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me; elabena eya ŋutɔ hã nye kpeɖeŋutɔ na ame geɖe, eye na nye ŋutɔ hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 16:2
25 Referans Kwoze  

Eyaŋuti la mixɔe le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ katã, eye mibu amesiawo tɔgbe.


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o:


Ke azɔ la, ne èbum wò hadela la, xɔe abe nye ŋutɔ ene.


amesi megbugbɔ le ɖoɖom ɖe wò la. Wò la xɔ eyama, eyae nye nye ŋutɔ nye dzi,


Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


ke nusi dze nyɔnu, siwo nua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawo leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.


Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ ɖu le la — ne eva mia gbɔ la, mixɔe —


Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene,


Gayo, si nye mía kple hame blibo la ƒe aƒetɔ la, ɖuɖɔ mi ƒã. Erasto, si nye du me gadzikpɔla, kple mia nɔvi Kuarto ɖuɖɔ mi ƒã.


Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Maria, si dze agbagba geɖe le mia ŋuti la, nam ƒã.


Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu.


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Miɖuɖɔ Filologo kple Yulia, Nerea kple nɔvianyɔnuvi kple Olimpa kple lãme kɔkɔe, siwo katã li kpli wo la, nam ƒã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite