Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Miɖuɖɔ Apeles, amesi li ke le Kristo me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ amesiwo tso Aristobulo ƒe aƒe me la, nam ƒã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã. Mido gbe na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒe me la hã nam.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 16:10
15 Referans Kwoze  

Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu.


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Ke woado amesiawo hã akpɔ gbã, eye ne mokaka mele wo ŋu o la, ekema mina woasubɔ.


Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.


Ke miedɔ wo kpakple mía nayi, si miedo kpɔ le nu geɖe me enuenu, eye miekpɔ bena, edoa vevie; ke azɔ la ele vevie dom geɖe wu tsãtɔ le dziɖoɖoɖeameŋu gã, si wòɖo ɖe mia ŋu la ta.


Elabena eyata meŋlɔ na mi, bene madze si miaƒe kelili, abe ɖe míeɖoa to le nusianu me ene.


Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.


Ɖuɖɔ Priska kple Akwila kpakple Onesiforo ƒe aƒe la nam ƒã.


Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si no mia me la ŋuti.


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


Miɖuɖɔ Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemeawo kple hanyegatɔwo, amesiwo xɔ ŋkɔ le apostoloawo dome, amesiwo tre kristotɔnyenye nam la, nam ƒã.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke.


Ke Yudea-hame, siwo le Kristo me la, menyam le ŋku me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite