Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mele Foibe, mia nɔvinyɔnu, si nye Kenxrea-hame ƒe subɔla la, kafum na mi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hamea me la kafum na mi.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 16:1
10 Referans Kwoze  

Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe.


Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm,


nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.


Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Ɖe míegade asi mia ɖokui kafukafu mea? Alo ɖe ehiã mi, abe amea ɖewo ene bena, miatsɔ kafukafugbalẽ vɛ na mi alo miaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?


kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe.


ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.


kple Apia, mia nɔvinyɔnu, kple Arxipo, mía hadɔwɔla, kpakple hame, si le aƒewò me:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite