Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 15:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 15:8
29 Referans Kwoze  

Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.


Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã?


bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.


Elabena alesi miawo hã mieɖo to Mawu tsã o, ke azɔ wokpɔ nublanui na mi le amesiawo ƒe tosesẽ ŋutii la,


Eyaŋuti kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kple sesẽ ɖa: eƒe sesẽ ɖe amesiwo dze anyi la ŋuti, ke eƒe dɔmenyonyo ɖe ŋuwò, menye ɖe nenɔ dɔmenyonyo la me; ne menye nenem o la, woalã wò hã ɖa.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


bena yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia le ɣeyiɣi sia me, bene eya nanye dzɔdzɔetɔ kple amesi tsoa afia na amesi si Yesu dzixɔse le.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o.


Ke menye mia ŋutɔwo ƒe dzitsinyae mewɔnɛ o, ke ame keme to boŋ; elabena nukaŋuti ame bubu ƒe dzitsinya adrɔ̃ ʋɔnu nye ablɔɖenyenye ma?


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Azɔ la, nuka gblɔm mele? Ɖe mebena, trɔ̃ enye nu loo, alo trɔ̃ ƒe vɔsasa enye nua?


Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye!


Elabena nyateƒe gblɔm nye nu le, eye na vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na nye nuyiwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite