Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 15:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 bene woaɖem atso tosẽla, siwo le Yudea la si me, eye bena nye subɔsubɔdɔ, si mewɔ hena Yerusalem la, nadze ame kɔkɔewo ŋu nyuie,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 15:31
18 Referans Kwoze  

eye bena woaɖe mí atso votolawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me; elabena menye amewo katã si xɔse la le o.


Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me;


Mele vevie nam bena, maŋlɔ nya na mi le subɔsubɔdɔ, si wotso subɔ ame kɔkɔewo la ŋuti hafi o.


Ke azɔ mele mo dze ge ayi Yerusalem, mele ame kɔkɔewo subɔ ge.


Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.


nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.


amesiwo hã wu Aƒetɔ Yesu kple woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖilawo, eye woti mía yome, eye womedzea Mawu ŋu o, eye wonye amewo katã ƒe adikãtɔwo,


Eye Festo gblɔ bena: Fia Agripa kple mi ŋutsu, siwo katã li kpli mi fi fia, mikpɔ amesia, si ŋuti Yudatɔwo ƒe ha blibo la katã, siwo le Yerusalem kple afisia la, va do ɖe dzinye hele ɣli dom bena, medze be, wòaganɔ agbe didia ɖeke o la ɖa.


Tete nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo va do ɖe eƒe ŋku me ɖe Paulo ŋuti, eye woɖe kuku nɛ


aʋafia gã la de se be, woakplɔe ayi ɖe mɔ̃ la me, eye wòɖo bena, woaɖe atam ɖe edzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti tututu wole ɣli dom ɖe eta ɖo.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —


amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite