Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 15:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena, miade dzinye ate kame le gbedodoɖawo me na Mawu ɖe tanye,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 15:30
16 Referans Kwoze  

Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.


Nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mía ta!


Elabena ɣeawokatãyi me wotsɔ mi, amesiwo le agbe la, de asi na ku le Yesu ŋuti, bene Yesu ƒe agbe nado ɖe mía ŋutilã, si nye nu kuku la me.


Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,


Azɔ la ne nuxɔxlɔ̃a ɖe li le Kristo me, ne lolo ƒe dziɖeƒonyaa ɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadedea ɖe li, ne dɔmetɔtrɔa ɖe kple nublanuikpɔkpɔa ɖe li la,


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:


amesia ke gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mí.


kple nye hã lanye, bena ne meke nu la, woatsɔ nya nam, bene makpe dzideƒo ana woanya nyanyuie la ƒe nya ɣaɣla,


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite