Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 15:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 15:1
13 Referans Kwoze  

Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.


Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.


Fofowo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me, Ɖekakpuiwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena míesesẽ, eye Mawu ƒe nya la naa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.


Azɔ wò la, vinye, sẽ ŋu le amenuveve, si le Kristo Yesu me la me,


eye meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, hafi esẽ ŋu le xɔse me boŋ, eye wòtso bubu na Mawu,


Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.


amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite