Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 14:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 14:9
20 Referans Kwoze  

kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:


Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


amesiawo abu akɔnta na amesi su te, bena yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo la.


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena:


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye woku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.


Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo;


Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.


amesi ku ɖe mía ta, bena ne míele ŋu alo míele alɔ̃ me la, míanɔ agbe kpakplii,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite