Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 14:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 14:19
28 Referans Kwoze  

Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.


ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!


Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!


Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu;


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!


Dze la nu nyui wònye; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge míala ado vivii mahã? Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome.


Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.


nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye woati eyome.


Azɔ la alekee, nɔviwò? Ne mieva kpe ta la, hadzidzi kple nufiafia kple gbegbɔgblɔ kple nyaɖeɖefia kple gɔmeɖeɖe le mia dome amesiame si; woawo nuwo katã hena ŋgɔgbedede!


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã.


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.


ke amesi le nya gblɔm ɖi la, eƒoa nu na amewo hegblɔa amedoɖeŋgɔgbenya, nuxlɔ̃menya kple akɔfafanyawo.


Amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, edoa eɖokui ɖe ŋgɔgbe; ke amesi le nya gblɔm ɖi la, edoa hame la ɖe ŋgɔgbe.


Ke mele didim bena, mi katã miatso gbegbɔgblɔwo aƒo nu; ke mele didim wu be, miagblɔ nya ɖi; elabena amesi gblɔa nya ɖi la, ewu amesi tsoa gbegbɔgblɔwo ƒoa nu la sa, negbe ɖeko wòaɖe egɔme, bene hame la nakpe ŋgɔgbedede.


bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite