Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 14:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 14:13
26 Referans Kwoze  

Miena nuɖiaɖiaa ɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o,


Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.


Eye nukaŋuti miekpɔa nusi dzɔ la me le mia ŋutɔwo mia ɖokui si o mahã?


Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.


Eye wògblɔ be: Mita mɔ, mita mɔ, mikplɔ mɔwo dzi; miɖe nukikliwo katã ɖa le mɔ me na nye dukɔ!


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.


Enyo nɛ be, woatsɔ té atsi ɖe ko ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã?


Midrɔ̃e le mia ŋutɔwo mia ɖokui me kpɔ, ɖe wòdze be, nyɔnu, si mebia ta o la, nado gbe ɖa na Mawu mahã?


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Amesi ke lɔ̃a nɔvia la, eya naa kekeli la me, eye nuɖianua ɖeke mele eme o.


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Eye Dawid gblɔ be: „Na woƒe kplɔ̃ nazu mɔ̃ kple kpa kple nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo;


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


Amevi, ŋutsu siawo lé woƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ woƒe vodadawo ƒe nukikliwo ɖo ŋku me, ɖe mana woabia gbema?


Megaɖe alɔme le mumuitɔ ŋu o, eye megada nu ɖe ŋkuagbãtɔ ŋgɔ, be wòakli o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!


Amesi dua nu la, nagaɖo vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o, elabena Mawu xɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite