Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 13:9
13 Referans Kwoze  

Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“


Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.


Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Se bubua ɖeke meli, si lolo wu esiawo o.


Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.


Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite