Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 13:8
12 Referans Kwoze  

Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o; eyata lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.


Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“


Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie.


Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite