Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 13:13
42 Referans Kwoze  

dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.


Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.


Eyaŋuti la mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


eye míeɖi ɖase na mi be, miazɔ bena mianye ame dzedzewo na Mawu, amesi yɔ mi va ye ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.


Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


elabena tsã la mienye viviti, ke azɔ la míezu kekeli le Aƒetɔ la me.


Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o,


Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la


Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze,


elabena menye aha amesiawo mũ, abe alesi miele bubum la ene o; elabena ŋkeke ƒe ga ƒoƒo etɔ̃lia ko wònye:


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o.


elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite