Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 12:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 12:19
24 Referans Kwoze  

Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.


Elabena míenyae amesi gblɔ be: „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe;“ eye wògagblɔ be: „Yehowa adrɔ̃ nɔnu eƒe dukɔ la.“


Megagblɔ be; „Alesi wòwɔm la, nenema mawɔe, eye made eteƒe na ame le eƒe nuwɔwɔ nu“ o!


Megegblɔ ha „maɖo vɔ teƒe“ o; dzɔ Yehowa sinu, eye wòakpe ɖe ŋuwò.


Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!


Mi dukɔwo mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu, elabena ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dolawo ƒe ʋu nu; ebia hlɔ̃ eƒe futowo, eye wòlé avu na eƒe anyigba kple eƒe dukɔ!


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ;


elabena Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsoa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wotu la wònye.


Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, eye nyematsɔ nye asi axɔ na ɖokuinye o!


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Edom bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe la, eye wòɖi fɔ vevie, le esi wòbia hlɔ̃ wo ŋuti la,


Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi!


Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo!


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Madrɔ̃ wò nya, eye mabia hlɔ̃ na wò, mana woƒe atsiaƒu naƒu kplakplakpla, eye woƒe vudo namie.


eye migana mɔ Abosam hã o!


Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite