Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, ena ŋku wo, bene womagakpɔ nu o, kple to wo, bene womagase nu o“ vaseɖe egbegbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.”

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 11:8
13 Referans Kwoze  

Mekplɔ mi to gbedzi ƒe blane sɔŋ; ava mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa mevuvu le afa na mi o.


Elabena Yehowa trɔ alɔ̃dɔdɔ sesẽ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi, etre miaƒe ŋkuwò, siwo nye nyagblɔɖilawo, eye wotsyɔ nu miaƒe tawo, siwo nye nunɔlawo.


Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye.


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Dukɔ tsibome manyanu, mise esia, amesiwo ŋku li na, hafi womekpɔa nu o, to li na wo, ke womesea nu o!


„Yi dukɔ sia gbɔ, eye nagblɔ bena: To tsɔ ge miala ase nui, ke miele egɔme se ge o, eye ŋkuwo tso ge miala akpa nui, ke miele si dze gee o.


Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.


Ale dukɔ siawo vɔ̃ Yehowa, eye wosubɔ woƒe legbawo hã; wo viwo kple wo tɔgbuiyɔviwo le alea wɔm vaseɖe egbe abe wo fofowo ene.


Vaseɖe egbegbe wogale woƒe kɔnu xoxoawo dzi; womevɔ̃a Yehowa ɖeɖe o, eye womewɔna le woƒe dodowo kple woƒe kɔnuwo ɖeɖe nu loo, alo wona le nufiafia kple se, siwo Yehowa de na Yakob, amesi wotsɔ ŋkɔ na be Israel ƒe viwo la nu o.


Eye mena wotsɔ woƒe vɔsanuwo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, esime wotsɔ woƒe vi ŋgɔgbeawo katã to dzo mee, ne magblẽ wo, eye ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite