Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke nya ka Mawu ɖo ŋu nɛ mahã? „Mesusɔ ŋutsu akpe adre, siwo medze klo na Baal o la ɖi na ɖokuinye.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!”

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 11:4
12 Referans Kwoze  

Eve makpɔtɔ ame akpe adre ɖi le Israel, amesiwo katã medze klo na Baal o kple amesiwo katã megbugbɔ nu nɛ o.


Eye Israel ku de Baal-Peor ŋu; eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.


Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye ma-tsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu;


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o.


Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baal kple Astarot


Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.


Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome,


Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite