Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 11:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 eye nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ɖela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ava tso Zion, eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 11:26
25 Referans Kwoze  

Anye ɖela ava na Zion, eye na amesiwo trɔ tso woƒe dzidadawo me le Yakob; Yehowa ye gblɔe.


Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel!


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.


Yehowa atso xɔname mavɔ aɖe Israel; ŋukpe kple vlododo malé mi tegbetegbe akpɔ o.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, eye naƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu.


Yehowa be: Le ɣemaɣi la manye Mawu na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woawo anye dukɔ nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite