Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 11:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 11:17
22 Referans Kwoze  

bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me,


Yehowa yɔ wò be „amiti dama, si ƒe tsetse nyo, eye wònya kpɔna“. Le howɔwɔ gã ƒe ɖiɖi me la ado dzo ɖe eŋu, eye eƒe alɔwo aŋe.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.


Ame dzɔdzɔewo lakpɔe, eye dzika atso wo ƒo, eye woakoe be:


Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,


Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Amesiawo nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me la.


Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.


Amiti eve le exa, ɖeka le aminu la ƒe ɖusi me, eye evelia le eƒe mia me.


Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.


Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.


anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le,


Míawo la Yudatɔwo míenye tso dzɔdzɔme, eye míenye nuvɔ̃wɔlawo tso trɔ̃subɔlawo dome o;


Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.


Elabena ne wotsɔ wò, si wolã tso amiti, si nye gbemetɔ le dzɔdzɔme nu la, dzi hedo ɖe amiti nyui, si menye wò dzɔdzɔme o la me la, aleke gbegbe womatsɔ wo amesiwo nye dzɔdzɔmetɔwo la, ado ɖe woawo ŋutɔ ƒe amiti la me o ma?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite