Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la ŋuti bena: „Amesi ke wɔ esiawo la, ano agbe to esia me.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso se la me la ŋuti be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.”

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 10:5
11 Referans Kwoze  

Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi woa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa.


Exlɔ̃ nu wo, be yeatrɔ wo ɖe wò se la ŋu; ke woda, eye womeɖo to wò se la o hewó nuvɔ̃ ɖe wò kɔnuwo ŋu, evɔ wònye ne amea ɖe wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi. Wotrɔ megbe ɖe wò kɔ̃, eye wosẽ la me hegbe toɖoɖo.


Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi.


Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo.


Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.


Ke se la metso xɔse me o, hafi boŋ amesi ke wɔ nusiawo dzi la, anɔ agbe le wo me.


ke nye la meku, eye wokpɔe bena, se, si wode hena agbe la, eya ke zu ku nam.


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite