Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 10:1
14 Referans Kwoze  

Ke nye la nyemexɔ ɖaseɖiɖi tso amè gbɔ o, ke mele nusiawo gblɔm, bena míakpɔ ɖeɖe.


Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.


Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!


Nyemegbe be, maganye lãkplɔvi le yowome o, eye ŋkeke vɔ̃e la medzrom o, wò ŋutɔ ènyae; nya, si do tso nye nuyi me la, nɔ nyanya na wò.


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Eye Samuel megakpɔ Saul kpɔ o vaseɖe eƒe kugbe; elabena Samuel xa nu le Saul ŋu, eye wòve Yehowa be, wòɖo fia Saul ɖe Israel nu.


Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.


Eyata na nye dɔmedzoe nabi ɖe wò ŋu, be matsrɔ̃ wo, eye mawɔ wò natrɔ zu dukɔ gãa ɖe.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite