Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 1:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 1:22
11 Referans Kwoze  

Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Amesi doa nunana ŋugbe ƒuƒlu la, le abe tsie ɖo ya le ƒoƒom, gake tsi gbe dzadza ene.


Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o.


Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti. Azɔ ne kekeli, si le mewo la, zu viviti la, aleke viviti ŋutɔ lahasɔ gbɔe!


Eɖo ŋu ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu gblɔ bena: Amea ɖeke mele kpɔyem o. Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò, nègblɔ le wò dzi me bena: Nye koe, ɖeke megali o!


Amesi le dzofi yome la, dzi bleamee flui, maɖe eƒe agbe o, eye magblɔ na eɖokui o be: Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe nuɖusi oa?


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite