Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 1:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 1:20
37 Referans Kwoze  

Eyata esi woɖe nusi woate ŋu anya le Mawu ŋuti la, fia le wo me la; elabena Mawu ɖee fia wo.


Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.


Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.


abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã,


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.


Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.


Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme,


Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme.


Wò nuteƒewɔwɔ li tso dzidzime yina dzidzime, èɖo anyigba anyi, eye wòtɔ ɖe tsitrenu.


Edo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.


Dukɔ tsibome manyanu, mise esia, amesiwo ŋku li na, hafi womekpɔa nu o, to li na wo, ke womesea nu o!


Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ẽ, Yehowa enye agakpe tegbee.


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe li tegbee! Yehowa kpɔa dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu!


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo:


Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o.


Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.


Blema-Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afi. Enyã futɔwo le ŋgɔwò, eye wògblɔ be: Mitsrɔ̃ wo!


Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


Eye Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòyɔ Yehowa Mawu, si le agbe tegbee la ƒe ŋkɔ dzi le afima.


Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi.


Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.


Ke bia lãwo se, eye woafia nu wò, kple dziƒoxewo: eye woagblɔe na wo,


Eya amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, tsɔ eƒe nunya ɖo xexeame anyi, eye wòtsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒo mee.


Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe.


Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite