Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 96:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ, miɖo vɔsanuwo asi va eƒe xɔxɔnuwoe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ, eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 96:8
21 Referans Kwoze  

Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ!


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.


eye na fia la nadi wò tugbedzedze yome, elabena wò aƒetɔ wònye, eye nade ta agu nɛ!


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu.


Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu bubu nɛ; mide ta agu na Yehowa le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me


le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mewò, Yerusalem. Mikafu Yehowa!


Eye dukɔ hahoo la nanɔ gbe dom ɖe le agbo ma nu le Yehowa ŋku me le dzudzɔgbewo kple dzinu yeyewo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite