Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 96:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbe ƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ; miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 96:2
16 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã.


Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o.


Meɖe gbe ƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o, Yehowa, ènyae.


Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!


Dawid ƒe kafukafuha. Nye Mawu, medo wò de dzi, wò fia, eye makafu wo ŋkɔ daa tegbee.


Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Yehowa, wò dɔwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye wò mawumemewo akafu wò.


Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe!


Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.


Makafu wò gbesiagbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi ɖaa tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite