6 Yehowa, wò nuwɔwɔwo lolo loo, wò susuwo me goglo ŋutɔ.
6 Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o,
mele abe bometsila ene, nunya mele tagbɔ nam o, eye meɖi lã le ŋkuwò me.
Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya?
Ɣekaɣi mi gegemewo míalɔ̃ bometsitsi, mi fewuɖulawo miakpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, eye mi bometsilawo mialé fu sidzedze ase do?
be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.
Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.
Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o.
Nunya enye gbloti xɔasi na bometsila, eyata mekea nu le ʋɔnu o.
Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?
Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o.
Elabena medzɔ la wu amesiame, eye amegbetɔ ƒe gɔmesese mele asinye o,
Miganɔ abe sɔ kple tedzisɔ, siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o; woƒe atsyɔ̃ɖonu enye ka kple numega, si wotsɔna mlã woe, hafi woate ɖe ŋuwò.
Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o.
Ne anyigba kple edzi nɔlawo katã lolo hã, nyee li ke eƒe sɔtiwo. Sela.
Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.
Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.
Esia hã tso Yehowa Zebaot gbɔ. Eƒe adaŋudede enye nuku, eye eƒe nunya lolo.
ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mawo kple nye susuwo wu miaƒe susuwòe.
amesi ƒe aɖaŋudede kpe, eye eƒe nuwɔwɔ sɔ gbɔ, wò amesi ƒe ŋkuwo le te ɖe amegbetɔviwo ƒe mɔwo katã ŋu, ne nawɔ na amesiame le eƒe mɔwo kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu;