Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ehe nya de dukɔwo ŋu, ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ da ɖikaɖika.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi, elabena èho woƒe duwo, eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 9:6
27 Referans Kwoze  

Nye futɔ, meganɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ŋunye, o; elabena ne medze anyi la, magafɔ, eye ne mebɔbɔ nɔ viviti me la, Yehowa ye nye nye kekeli.


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.


Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.


Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe,


Mèsee kpɔ be, tso tititi ke mewɔe, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me be, nagblẽ du sesẽwo woazu anyiglãgo;


Amesi wɔ xexeame wòzu gbegbe, gbã eƒe duwo ƒu anyi, eye mede asi le eƒe aboyomewo ŋu ɖo de aƒe o la, nye esia?


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.


Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!


eye mewɔ vɔ̃ ɖe xɔ̃nye ŋu la, — eva wonye meɖe amesi lé fum yakatsyɔ la hafi —


Mesee kpɔ be, metre ewɔwɔ tso tititi ke, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me, be wogblẽ du sesẽwo wòzu glikpo.


Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.


Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃agbe la, kpɔ ɖa, Amalekitɔwo va dze dziehenyigba kple Ziklag dzi, eye wòsi Ziklag hetɔ dzoe.


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Womeɖoa ŋku edzi le anyigba dzi o, eye eƒe ŋkɔ buna le ablɔ me.


Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi.


Ame kukuwo me gagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite