Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena woe tso nye nya kple nye kodzoɖoɖo la wode go; ebɔbɔ nɔ fiazi dzi, wò ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 9:5
24 Referans Kwoze  

Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Ɖe asi le ŋunye, ne matsrɔ̃ wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò nazu dukɔ, si asẽ ŋu, eye wòasɔ gbɔ awu wo.


Ame dzɔdzɔewo ƒe kekeli klẽna nyuie; ke eme vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina.


ne woabia hlɔ̃ le dukɔwo dome, eye woahe to le anyigba dzi tɔwo dome,


Nukaŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: Afika woƒe Mawu la le? Wò dɔlawo ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi, ƒe hlɔ̃biabia nedze le mía ŋku me ɖe dukɔwo ŋu!


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Adegbeƒolawo menɔa te ɖe ŋkuwò me o; èléa fu nu vlo wɔlawo katã.


Nukaŋuti dukɔwo le nyanyrãm, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro?


Eye Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi la bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Tete Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu.


Tete Dawid gblɔ na Abigail bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi dɔ wò ɖa nèva kpem egbe!


Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.


Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe kple Mawu, si dzi kuna daa.


Yehowa be: Mali nye fiazikpui ɖe Elam, eye matsrɔ̃ fia kple amegãwo siaa.


Aƒetɔ, asiwò me nye nya le, eye nèɖe nye agbe


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite