Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò, elabena wò Yehowa, megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 9:10
24 Referans Kwoze  

Maɖee, elabena eku ɖe ŋunye; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ.


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.


Mawu, bu fɔ wo! Woƒe adaŋudedewo netsɔ wo ƒu anyi, tu asi wo ƒu anyi le woƒe dzidada gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò!


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Nyemeƒo nu le vivi me le anyigba ƒe teƒe, si do blukɔ o; nyemegblɔ na Yakob ƒe ƒome la be: „Midim yakatsyɔ“ o. Nye Yehowa megblɔ nusi le eme, eye meto nyateƒe.


Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.


Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.


Ke dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ, eya nye sitsoƒe na wo le hiãɣi me.


Elabena mo sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene.


Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite