7 Ɖe màgagbɔ agbe mí, ne wò dukɔ nakpɔ dzidzɔ de ŋuwò oa?
7 O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí, eye nàna wò xɔname mí.
Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname.
Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!
mana nublanuikpɔkpɔ nasu mia si, eye wòakpɔ nublanui na mi ahakplɔ mi agbo va miaƒe anyigba dzi.
Ale Yehowa gblɔ esi: Teƒe sia, si ŋu miele gbɔgblɔm le be, ezu aƒedo, amegbetɔwo kple lãwo megali o, Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo tsi ƒuƒlu, eye amegbetɔwo kple lãwo megali o la,
afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.