Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 85:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Korax-viwo ƒe ha na henɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 O! Yehowa, èɖe amenuveve fia wò anyigba; ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 85:1
13 Referans Kwoze  

Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel!


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu.


Le zã me le mele tame bum le nye kasaŋkuƒoƒo ŋu, nye dzi le ŋugble dem, eye nye gbɔgbɔ le nu me dzrom.


Tete Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu, eye wòkpɔ nublanui na eƒe dukɔ la.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.


ekema mado ŋku nu, si mebia kple Yakob, Isak kple Abraham la dzi, eye maɖo ŋku anyigba la dzi.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne megaɖo wò te la, ekema woagblɔ nya sia le Yuda-nyigba dzi kple eƒe duwo me bena: Yehowa ayra wò, wò dzɔdzɔenyenye nɔƒe, wò to kɔkɔe!


Sikanuawo kple klosalonuawo kalã le akpe atɔ̃ alafa ene; Nusiawo katã Sesbazar tsɔ gbɔe, esime aboyomeawo tso Babel va Yerusalem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite