Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 83:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mawu, ɖoɖoe megazi le ŋuwò o, Mawu, megazi kpi o, eye megaɖo ho to o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Kpɔ ale si wò futɔwo le nyanyram ɖa, kpɔ ale si wò ketɔwo kɔ ta dzii ɖa.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 83:2
22 Referans Kwoze  

anye ne asusɔ vie ko mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi, eye matrɔ nye asi ɖe wote ketɔwo ŋu;


Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!


Woawɔ avu kpli wò, ke woaɖo kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!


Alele, dukɔ geɖewo ƒe gbeɖeɖe, wole gbe ɖem abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene! Dukɔwo ƒe ho wɔwɔ, wole ho wɔm abe tsi sesẽwo ƒe howɔwɔ ene!


Ale wobɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi le Israel-viwo ŋku me, eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Eye anyigba la dzi fa le Gideon ŋɔli ƒe blane sɔŋ.


Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.


Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o.


Eye du blibo la katã tɔ zi, eye ameawo le du ƒum va le ta kpem, eye wole Paulo, eye wohee do goe tso mawuxɔ la me, eye wodo ʋɔtruawo enumake.


Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Eye ameha la tsi tre ɖe wo ŋu, eye dua me dziɖulawo dze woƒe awuwo le wo ŋu, eye wode se bena, woaƒo wo kple ati.


Esi nèdze agbo ɖe ŋunye, eye wò dàda va nye to me ŋuti la, eyata matsɔ nye ga aɖe ŋɔti na wò, eye made nye numega nu na wò ahakplɔ wò agbugbɔ ato mɔ, si dzi neto va la.


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wó ŋkuwò dzi ɖo? De Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu loo!


Tɔsisiwo, Yehowa, tɔsisiwo dze agbo; tɔsisiwo le gbe ɖem.


Megaŋlɔ wò futɔwo ƒe ɣli kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ, si le dzi dem ɖaa la be o!


Wò ketɔwo le xɔxlɔ̃m le wò takpeƒewo titina, eye woɖo woƒe dzesiwo, ne woanye dzesiwo.


Esi wò agbodzedze ɖe ŋunye kple wò dada va nye to me ŋuti la, eyata made nye ga wò ŋɔti, eye made nye numega nu na wò akplɔ wò agbugbɔ ato mɔ, si neto va la.


Dawid ƒe ha na henɔ la. Wò, nye kafukafu ƒe Mawu, megazi kpi o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite