Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 83:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Wɔ woƒe amegãwo abe Oreb kple Zeeb ene, eye woƒe aʋafiawo katã ahe Zebax kple Zalmuna ene;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 ame siwo gblɔ be, “Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.”

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 83:12
5 Referans Kwoze  

kpɔ ɖa, woawoe nye esi, be yewoawɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu, eye wova, be yewoanyã mi ɖa tso wò anyigba, si nètsɔ na mi la dzi.


Wole tame ɖom le aye me de wò dukɔ ŋu, eye wole adaŋu dem ɖe wò amesiwo nèɣla la ŋu.


Eye wòlé Midiantɔwo ƒe amegã eveawo, Oreb kple Zeeb; wowu Oreb ɖe Oreb-kpe la gbã, eye wowu Zeeb ɖe Zeeb ƒe weinfiãƒe. Emegbe woti Midiantɔwo yome, eye wotsɔ Oreb kple Zeeb ƒe ta vɛ na Gideon le Yordan ƒe go keme dzi.


Tete Zebax kple Zalmuna gblɔ bena: Wò ŋutɔ tso, nadza mí, elabena ŋutsu kple eƒe ŋusẽe sɔ! Tete Gideon tsi tre, eye wowu Zebax kple Zalmuna; eye wòɖe kogɛ, siwo le kɔ na woƒe kposɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite