Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 81:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mieyɔm le miaƒe xaxa me, eye mexɔ na mi. Metɔ na mi le dziɖegbelilikpo la me. Medo mi kpɔ le Meriba tsi la gbɔ. Sela

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 81:7
16 Referans Kwoze  

Eye kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Esia nye dzrewɔtsi, si ta Israel-viwo wo dzre kple Yehowa ɖo, eye wòna eɖokui ŋu kɔ le wo dome la.


Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.


Esi Farao gogo wo, eye Israel-viwo fɔ ka dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli ya Yehowa,


Le fɔŋli la Yehowa le dzobibi kple alilikpo dodo me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ dzi ɖa, eye wòtɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la.


Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ.


Aron nayi tɔgbuiawo gbɔ; elabena mele anyigba, si matsɔ na Israel-viwo la, dzi de ge o, le esi miesẽ to ɖe nye sea ŋu le dzrewɔtsia gbo la ta.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Yehowa be: Eyata, kpo ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagagblɔ azɔ be, yewotà Yehowa, amesi kplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la ƒe agbe o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite