Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 81:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Oo, ɖe wònye ɖe nye dukɔ ɖo tom, eye Israel zɔ nye mɔwo dzi la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 aleke nyemahabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyii kaba, eye nyemahakɔ nye asiwo dzi ɖe woƒe ketɔwo ŋui o!

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 81:14
9 Referans Kwoze  

Eye matsrɔ̃ Asdodtɔwo kple amesi lé fiatikplɔ ɖe asi le Askalon, matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu, eye Filistitɔwo ƒe susɔea nu ayi; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


ekema minyae bena, Yehowa, mia Mawu la, maganyã dukɔ siawo ɖa le mia ŋgɔ akpɔ o, eye woatrɔ zu adoboli kple mɔ na mi, woanye atam anɔ miaƒe axada me, eye woanye gu anɔ ŋku dzi na mi, vaseɖe esime miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu, na mi la dzi.


Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!


Tete Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo, amesiwo le to sia dzi la, va si wo, eye woka wo hlẽ vaseɖe Xorma ke.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Elabena ŋɔdzi le Yehowa dziƒoʋitɔ la ŋu, fia gã wonye ɖe anyigba blibo la dzi.


Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me;


Ɖe wònye ɖe neɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa ana abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite