Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 80:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to mí, wò ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene; wò ame si nɔ anyi ɖe kerubiwo titina gli, klẽ

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 80:1
37 Referans Kwoze  

Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Zion, si nye nyonyowo ƒe ta la, Mawu klẽ tso.


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo.


Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho dzo le Kerubiawo dzi yi xɔ la ƒe kpui nu, eye alilikpo yɔ xɔ la taŋ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la fũ.


Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?


Tso naklẽ, elabena wò kekeli gbɔna, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe adze ɖe dziwò!


Etsɔ mí ɖo dzrenui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo le alɔme ɖem.


Na wò ŋusẽ nana azɔli dzi le Efrayim, Benyamin kple Manase ŋgɔ, eye ya xɔ na mí!


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam;


Eyata, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo la, eye nana wò ŋku me naklẽ de wò kɔkɔeƒe, si zu aƒedo la dzi; elabena wòe nye Aƒetɔ.


Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.


Eye nane le nu gbagbeawo domee le abe dzoka ene hele bibim abe akakati ene, dzo la le faflam le nu gbagbeawo domee, eye eme kɔ keŋkeŋ, eye dzikedzo do tso dzoa me.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Mawu hlɔ̃biala, Yehowa, Mawu hlɔbiala, do!


ekema míate ɖa le ŋuwò o! Gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ!


Ke edo vlo Yosef ƒe agbadɔ, eye metia Efrayim-to la o,


Ena eƒe dukɔ ho abe alẽwo ene, eye wòkplɔ wo le gbedzi abe lãhawo ene.


Dawid tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dzogbenya“ ƒe gbe nu.


Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woafia, eye woadzi ɖe „Dzogbenya ƒe ɖaseɖiɖi“ ƒe gbe nu;


Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Korax-viwo ƒe nufiameha, si nye lɔlɔ̃ha na henɔ la, ne woatsɔ „Dzogbenya“ ƒe gbeɖiɖi adzii.


Dawiɖ ƒe ha na dzekulawo ƒe henɔ.


Ɖe wòle nuwò vivim be, nète ame ɖe anyi, eye nètsɔ nye, wò asinudɔwɔwɔ la, ƒu gbe, eye nèklẽ ɖe ame vlo ƒe adaŋudede dzia?


Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite