Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 8:1
27 Referans Kwoze  

dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.


Nye luʋɔ le dzatawo dome, memlɔ amegbetɔvi, siwo nye adzowɔlawo la dome, amesiwo ƒe aɖuwo nye akplɔ kple aŋutrɔ, eye woƒe aɖe nye yi ɖaɖɛ.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.


Dawid ƒe kafukafuha. Nye Mawu, medo wò de dzi, wò fia, eye makafu wo ŋkɔ daa tegbee.


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Yehowa, mía Mawu, ame geɖewo ɖu aƒetɔ ɖe mia dzi hekpe ɖe ŋuwò; wò ɖeɖe kple wò ŋkɔ ko míakafu!


Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!


Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.


Enɔa nu vlo ŋu bum le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui ɖoa mɔ, si menyo o la dzi, eye metsria nu vɔ̃ɖi o.


Ne mèlé se sia ƒe nyawo katã, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi hewɔ wo dzi o, eye mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.


Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.


Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi.


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.


vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!


Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!


Azɔ ne Dawid yɔe be Aƒetɔ la, aleke wɔ wònye via mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite