Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 77:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Medi Aƒetɔ la le nye xaxaɣiwo me; meke nye abɔwo me le zã, eye womedo agblɔ o; akɔfafa la, toxa ko nye luʋɔ le esem ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 77:3
21 Referans Kwoze  

Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu!


Elabena gbegblẽ, si tso Mawu gbɔ la, do ŋɔdzi nam, eye nyemate ŋu anɔ te de eƒe gãnyenye nu o.


Nuka ta amegbetɔ le nu xam le eƒe agbe me? Amesiame nexa nu le eƒe nuvɔ̃ ŋu boŋ.


Meganye ŋɔdzi nam o dzro, wò, nye sitsoƒe le dzɔgbevɔ̃eɣi.


Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!


Ne nye ketɔwo le alɔme ɖem le gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu le hã la, enɔna abe ŋɔ ɖunue le nye ƒuwo me ene.


Ne meɖo ŋu, alesi menɔa amehawo dome, eye mía kpli wo míeyia Mawu ƒe aƒe la me kple aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi le ŋkekenyuieɖulawo ƒe ha me la, nye dzi lólona gbanaa.


Eyata nye hã nyemaxe mɔ na nye nu o; maƒo nu, esi nye dzi ɖo ŋɔdzi me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe vevesese me.


Elabena ŋusẽkatãtɔ ƒe aŋutrɔ le nye lã me, eye nye gbɔgbɔ no eƒe aɖi; eye Mawu ƒe ŋɔdzidodowo kpe aʋa kplim.


Woxɔ ŋutifafa le nye luʋɔ si, eye meŋlɔ dzɔgbenyuie be.


Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.


Ɖe Mawu ƒe akɔfanamewo kple nya bɔbɔe, si gblɔm wole na wò la, nye nu tsɛ na wòa?


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Meɖi amesi nye luʋɔ lɔna la, le nye aha dzi le zã me, medii nyemekpɔe o.


Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite