Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 74:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Wò ketɔwo le xɔxlɔ̃m le wò takpeƒewo titina, eye woɖo woƒe dzesiwo, ne woanye dzesiwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le; wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 74:4
9 Referans Kwoze  

Yehowa gbe eƒe vɔsamlekpui, eɖi gbɔ eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòtsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo ɖe asi na futɔ la; woƒe ɣli le ɖiɖim le Yehowa ƒe me abe le ŋkekenyuieɖugbe ene.


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ.


Israel-viwo naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga, si nye wo fofowo ƒe to ƒe dzesi la gbɔ; woaƒu asaɖa anyi aƒo xlã Mawu ƒe agbadɔ la godoo va kpe.


Eye wòke nu de asi busunyagbɔgblɔ me de Mawu ŋuti, be yeado busu eƒe ŋkɔ kple eƒe agbadɔ kpakple amesiwo nɔa dziƒo.


Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.


Ke le ɣemaɣi me la amea ɖewo le afima, siwo ka Galileatɔ, siwo ƒe ʋu Pilato tɔtɔ kple woƒe numemewo la, ŋutinya ta nɛ.


Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite